1 Corinthians 8

Nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo ɖuɖu

1Miaƒe biabia bubu hã ku ɖe nuɖuɖu siwo woɖa hena trɔ̃wo kple legbawo la ɖuɖu ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe le gbɔgblɔm be yeƒe susu le nya sia ŋue nye nyuitɔ. Miɖo ŋku edzi be nu si le vevie na hamea tutuɖo lae nye lɔlɔ̃ ke menye ɖokuidodoɖedzi be menye esia kple ekemɛ o. 2Ne ame aɖe susu be yenya nu sia nu la, eƒe numanyamanya boŋ ɖem fia wòle nublanuitɔe. 3Ame si lɔ̃a Mawu le anukware me la, eyae Mawu naa nunya vavãe.

4Mina míatrɔ ɖe nya la gbɔ azɔ. Eyae nye enyo be kristotɔ naɖu nuɖuɖu si woɖa hena trɔ̃wo kple legbawo loo alo menyo be wòaɖui oa? Mí katã míenyae kɔtee be Mawu gbagbe ɖeka pɛ koe li. Legbawo la, menye mawu wonye o. 5Gake ame aɖewo ya xɔe se be mawu bubuwo hã gale dziƒo kple anyigba dzi fũ. 6Ke míawo ya míenyae be Mawu Fofo ɖeka koe li, ame si wɔ xexeame eye wòwɔ mí míenye viawo. Míenyae hã be Aƒetɔ ɖeka koe li si nye Yesu Kristo ame si wɔ nu sia nu le xexeame eye wòna agbe mí. 7Ke nublanuitɔe la, kristotɔ aɖewo menya esia o. Wobuna be legbawo hã nye nu gbagbewo eye woxɔe se be mawu gbagbewoe wotsɔa nuɖuɖu sia nana abe vɔse ene. Eya ta ne kristotɔ siawo ɖu legbawo ƒe vɔsanuɖuɖu la, eɖea fu na woƒe dzitsinya vevie. 8Nɔviwo, minyae nyuie be Mawu ya metsɔ ɖeke le eme ne mieɖu nuɖuɖu sia tɔgbi loo alo mieɖui o. Ame si ɖui kple ame si meɖui o la katã sɔ le Mawu ƒe ŋkume: ɖeke menyo wu nɔvia o. 9Ke ne ame aɖe kpɔ be ne yeɖu nuɖuɖu sia tɔgbi la, anye nuɖiaɖia na kristotɔ bubu si ƒe dzixɔse meli ke nyuie o eye wòana ame sia nawɔ nu vɔ̃ la, ekema anyo be megaɖui o.

10Nu si adzɔ enye be ne, kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo be wòaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanuɖuɖu o, ke ame sia va kpɔ wò kristotɔ bubu nèbɔbɔ nɔ trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, ana be eya hã nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me. 11Ale wò ame si tsi le gbɔgbɔ me la, ƒe nuwɔna azu nuɖiaɖia gã aɖe na ame bubu si hã ta Yesu ku ɖo ke wònye vidzĩ le gbɔgbɔ me. 12Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Kristo ŋu be wò nuwɔna naɖe dziƒo na ame bubu be wòawɔ nu si tsi treɖe eƒe dzitsinya ŋu. 13Eya ta, ne to trɔ̃wo ƒe vɔsadanuɖuɖu me, mana nɔvinye kristotɔ aɖe nazu nu vɔ̃ wɔla la, ekema nyemagaɖu nuɖuɖu sia tɔgbi gbeɖe o, elabena nyemedi be mana nɔvinye nawɔ nu vɔ̃ o.

Copyright information for EweBEE