Galatians 6

Miwɔ nyui na amewo katã

1Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne kristotɔ aɖe dze nu vɔ̃ me la, ele na mi ame siwo vɔ̃a Mawu la be miatsɔ gbe blewu kple ɖokuibɔbɔ akpe ɖe eŋu be wòagbugbɔ ava mɔ dzɔdzɔe la dzi; miaɖo ŋku edzi be mia dometɔ aɖe hã ate ŋu azu vɔ̃wɔla ɣebubuɣi. 2Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo eye miakpe ɖe wo ŋu le woƒe xaxawo me, ale miawɔ Aƒetɔ la ƒe se la dzi. 3Ne ame aɖe bu be yenye amegã le esime menye amegã o la eble eɖokui.

4Mina ame sia ame naka ɖe edzi be yele yeƒe dɔ wɔm abe ale si yeate ŋui ene, ekema akpɔ dɔ nyui wɔwɔ ŋuti dzidzɔ eye mahiã be wòatsɔ eɖokui asɔ kple ame bubu aɖeke o. 5Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ eya ŋutɔ ƒe vodadawo kple eya ŋutɔ ƒe agbawo elabena mía dometɔ aɖeke mede blibo o!

6Ame siwo wofia Mawu ƒe nyae la na ma woƒe nu nyuiwo kple woƒe nufialawo. 7Migable mia ɖokuiwo o. Miɖo ŋku edzi be ame aɖeke mate ŋu aflu Mawu o. Nu si ame ƒãna la eya kee wòŋene ɣesiaɣi. 8Ne eƒã eya ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ƒe ku la, ekema ele nu vɔ̃wo ƒe ku ƒãm eye le nyateƒe me la, aŋe gbegblẽ ƒe ku. Ke ne eƒã gbɔgbɔmekuwo la, aŋe agbe mavɔ si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la anɛ. 9Migana míagbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o, elabena ne míegbɔdzɔ o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. 10Eya ŋuti esi asinukpɔkpɔ le míasi la, mina míawɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na nɔvi dzixɔsetɔwo.

Menye aʋatsotso o, ke boŋ nuwɔwɔ yeye yae

11Matsɔ nye ŋutɔ nye asi aŋlɔ nuwunya mamlɛ siawo na mi. Mikpɔ ale si wòle be mana nye ŋɔŋlɔdzesiwo naloloe ɖa! 12Miaƒe nufiala siwo le agbagba dzem be yewoana miatso aʋa la, le agbagba dzem le nu ɖeka ko ta: eyae nye be yewoadze amewo ŋu eye womagati yewo yome, abe ale si wòanɔ ne woaʋu eme be Kristo ƒe atitsoga koe ate ŋu aɖe mí ene o. 13Menye ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hãe wɔa sea dzi o, ke wodi be woatso aʋa na mi ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu.

14Mawu neɖi be nyemaƒo adegbe le naneke ŋu o, negbe le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ŋu ko, nu si me woto klã xexeame ɖe ati ŋuti nam eye woklã nye hã ɖe ati ŋuti na xexeame. 15Gɔmesese aɖeke megale aʋatsotso kple aʋamatsɔmatso ŋu o: nu si le vevie lae nye nuwɔwɔ yeye zuzu.

16Mawu ƒe ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ anyi kple ame siwo katã wɔa se sia dzi, eye woanɔ anyi kple Mawu ƒe Israel hã.

17Mlɔeba la migana ame aɖeke naɖe fu nam le nu siawo ŋuti o elabena Yesu ƒe dzesiwo le nye ŋutilã ŋu.

18Nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ, Amen.

Copyright information for EweBEE