Revelation of John 4

Dziƒofiazikpui la

1Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la, gblɔ be, “Va dzime afii eye mafia nu si ava dzɔ le etsɔ me la wò.” 2Tete menɔ Gbɔgbɔ la me eye fiazikpui aɖe si le dziƒo la nɔ nye ŋkume eye ame aɖe nɔ edzi. 3Ame si nɔ fiazikpuia dzi la, ƒe dzedzeme le abe kpexɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpexɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la. 4Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã do awu ɣiwo eye woɖɔ sikafiakukuwo. 5Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo. 6Nane si le abe ahuhɔ̃etsiaƒu ene esi me kɔ abe kristalokpo ene la, hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma. Nugbagbe ene nɔ titina ƒo xlã fiazikpui la eye woƒe ŋkuwo ƒo xlã wo, le ŋgɔ kple megbe siaa. 7Nu Gbagbe siawo dometɔ gbãtɔ ɖi dzata. Evelia ɖi nyitsu. Etɔ̃lia ƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ eye enelia le abe hɔ̃ si keke eƒe awalawo abe dzodzom wòle ene. 8Aʋala ade nɔ nugbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔa ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be,

“Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe,
Nye Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,
Ame si nɔ anyi va yi,
Eli fifia eye wògale vava ge.”
9Ne nugbagbeawo le ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada tsɔm na ame si nɔ fiazikpui la dzi, eye wòle agbe tegbetegbe la, 10ekema amegaxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpuia dzi la ŋgɔ, wosubɔa eya ame si nɔa agbe tegbetegbe. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,

11“Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu,
Wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe,
Bubu kple ŋusẽ, elabena
Wòe wɔ nuwo katã,
Wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe
Eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.”
Copyright information for EweBEE